Luke 8:26-39

Yesu da gbe le Gadaratɔ, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe, ŋu

(Mateo 8:28-34; Marko 5:1-20)

26Wova ɖi go ɖe Garasene nyigba si le Galilea ƒua godo la dzi. 27Esi wonɔ go dom tso ʋua me ko la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le ƒe geɖe la si du tso Gadara dua me va kpe Yesu. Nɔƒe aɖeke mele ame sia si abe aƒeme ene o. Agado siwo me woɖi ame kukuwo ɖo la me wòmlɔ na henɔa amama. 28Esi wòkpɔ Yesu teti ko etsɔ eɖokui xlã ɖe anyigba le eŋgɔ henɔ ɣli dom be, “Nu ka dim nèle le gbɔnye wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Meɖe kuku na wò, mègawɔ funyafunyam o!”

29Egblɔ nya sia elabena Yesu de asi gbɔgbɔ vɔ̃ la nyanya me le eme xoxo. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia xɔ amea me ale gbegbe be ne woblae kple gakɔsɔkɔsɔ hã la, etsoa kɔsɔkɔsɔa bɔbɔe hesina ɖoa gbe. 30Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃a be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu nɛ be; “Nkɔnye nye Akpeakpewo elabena miesɔ gbɔ.” 31Gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be meganya yewo de Do Globo si seɖeƒe meli na o la me o.

32Aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le to si te ɖe wo ŋu la kɔgo le ɣeyiɣi sia me eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu be nena yewoayi aɖage ɖe wo me. Ale Yesu na mɔ wo. 33Gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le amea me yi ɖage ɖe haawo me. Enumake haawo katã ƒu du sesĩe tso toa kɔgo yi ɖadze ƒu me doo heno tsi ku. 34Hakplɔlawo lé du tsɔ sesĩe tu ta du siwo te ɖe afi ma la me eye esi wonɔ yiyim la, wonɔ nu si dzɔ la gblɔm na amewo.

35Eteƒe medidi o, ameha gã aɖe va do be yewoakpɔ nu kple yewo ŋutɔ ƒe ŋkuwo. Wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ kpɔ la, eƒe mo kɔ eye wòdo awu hebɔbɔ nɔ Yesu ƒe afɔnu kpoo, esia wɔe be vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo katã. 36Ame siwo kpɔ ale si Yesu da gbe le gbɔgbɔ vɔ̃tɔ la ŋui la gblɔ na wo tɔ bubuawo. 37Ameawo vɔ̃ ale gbegbe be woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo gbɔ kpoo; ale Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋua me eye wotso ƒu la heyi go evelia dzi.

38Hafi wòadzo la ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃awo le le ɖe kuku nɛ vevie be yeayi kplii. Ke Yesu gbe gblɔ nɛ be,

39“Trɔ nàyi wò ƒometɔwo gbɔ eye nàgblɔ nu gã si Mawu wɔ na wò la na wo.” Ale ŋutsu sia dze mɔ nɔ tsatsam le dua me henɔ nukunu gã si Yesu wɔ la gblɔm na ameawo.

Copyright information for EweBEE